Ephesians 4

Kristo ƒe ŋutilã ƒe ɖekawɔwɔ

1Nye, ame si le game le afi sia ɖe Aƒetɔ la subɔsubɔ ta lae le kuku ɖem na mi be mianɔ agbe eye miazɔ nyuie abe ame siwo wotia be woaxɔ yayra wɔnuku siawo tɔgbi la ene. 2Mibɔbɔ mia ɖokuiwo eye mifa tu. Migbɔ dzi ɖi na mia nɔewo, eye ɖe lɔlɔ̃ si le mia si na amewo ta la, migbɔ dzi ɖi na wo nenye be wodze agɔ le mia dzi. 3Midze agbagba ɣesiaɣi be mianɔ ɖeka le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe amekpɔkplɔ te ale be mianɔ anyi le ŋutifafa me kple mia nɔewo. 4Mí katã la ŋutilã ɖeka ƒe akpa aɖewoe míenye; Gbɔgbɔ ɖeke ma kee le mía me, eye woyɔ mí katã hã be míanɔ mɔ kpɔm na ŋutikɔkɔe ɖeka ma si gbɔna. 5Le míawo gome la, Aƒetɔ ɖeka, xɔse ɖeka, kple mawutsi ɖetaɖeka koe li, 6eye Mawu Fofo ɖekae le mía si, ame si le mi katã ta kpɔm eye wòle mía me eye wòdzena le míaƒe agbe ƒe akpa sia akpa. 7Ke wotsɔ amenuveve na mía dometɔ ɖe sia ɖe abe ale si Kristo na míi ene. 8Esia tae woŋlɔ ɖi be, “Esi wòlia yi dzi la eɖe aboyo ame geɖewo dzoe eye wòna nunana amewo.” 9Azɔ la “eɖi va anyi” gɔ me ɖe? Egɔmee nye be eɖi va anyi gbã, yi ɖe keke anyigba tume ke. 10Eya ta eya ame si ɖi va anyi la eya kee lia yi dzi ʋĩ gbɔ dziƒowo katã ta, be wòayɔ xexe blibo la me fũu.

11Eyae na ame aɖewo nye apostolowo, eye ame aɖewo nyagblɔɖilawo, ame aɖewo hã nyanyuigblɔlawo, ame aɖewo kplɔlawo kple nufialawo 12bena Mawu ƒe amewo nate ŋu asu te na dɔwɔwɔ, ale woatu Kristo ƒe ha si nye eƒe ŋutilã la ɖe edzi wòatsi 13va se ɖe esime mlɔeba la dzixɔse ɖeka nanɔ mía si tso mía ƒe ɖeɖekpɔkpɔ kple mía Ɖela si nye Mawu Vi la ŋuti, eye va se ɖe esime ame sia ame tsi, eye wòkpɔ ŋusẽ le Aƒetɔ la me, ẽ, va se ɖe esime Kristo xɔ aƒe ɖe ame sia ame me.

14Ekema míaganɔ abe ɖeviwo ene o. Míaganɔ míaƒe susuwo trɔm ɣesiaɣi tso nu si míexɔ se la ŋuti elabena ame aɖe va gblɔ nya bubu na mí alo wòda alakpa be ne míaxɔe se be nu si yegblɔ lae nye nyateƒe o. 15Ke boŋ miato nyateƒe na mía nɔewo le lɔlɔ̃ me ale be le nuwo katã me la míatsi ali ke le Kristo ame si nye Ta na hame la me. 16Tso eya amea me wotsɔ ŋutilã la ƒe akpa ɖe sia ɖe ƒo fui nyuie, eye akpa ɖe sia ɖe le eƒe mɔ tɔxɛ dzi le kpekpem ɖe akpa mamlɛawo ŋuti, ale be ŋutilã blibo la katã le sesĩe eye wole tsitsim ɖe edzi le lɔlɔ̃ me. 17Azɔ la mele esia gblɔm na mi, eye mele gbe tem ɖe edzi le Aƒetɔ la me be miagazɔ abe ale si Trɔ̃subɔlawo zɔna le woƒe tamesusu dzodzrowo me la ene o. 18Ame siawo la woƒe susuwo me do viviti eye woma ɖa tso Mawu gbɔ elabena wole agbe le numanyamanya me le woƒe dzimesesẽ ta. 19Esi ŋukpe aɖeke megale mo na wo o ta la, wotsɔ wo ɖokuiwo dzra na nu tovo wɔwɔ, ale be woakpɔ gome le ŋunyɔnu ɖe sia ɖe ƒomevi wɔwɔ me eye nu siawo do du wo wogale wo dim.

20Ke miawo la, menye aleae mienya Kristoe o. 21Vavã miese eŋkɔ eye wofia nu mi le eya amea me, le nyateƒe si le Yesu me la nu. 22Wofia nu mi ku ɖe miaƒe agbe xoxo si mienɔ la ŋuti, be miaɖe asi le agbe xoxo la ŋuti, agbe si le tsɔtsrɔ̃mɔ dzi to eƒe beblenudzodzrowo me.

23Azɔ la ele be miaƒe nɔnɔme kple miaƒe susuwo nanɔ tɔtrɔm yeyee hena nyuia ɣesiaɣi. 24Ẽ, ele be mianye ame yeye siwo to vovo tso ame xoxo la gbɔ, ale be mianɔ dzadzɛ, anɔ kɔkɔe. Mitsɔ amenyenye yeye sia do abe awu ene. 25Midzudzɔ aʋatsokaka na mia nɔewo; minɔ nyateƒetoto ko dzi, elabena ŋutilã ɖeka ƒe ŋutinuwo míenye. Eya ta nenye be míeka aʋatso na mía nɔewo la, mía ɖokuiwo ko míele nu vevi wɔmii. 26Nenye be dzi ku wò la mègalé dziku la ɖe dɔme wòazu nu vɔ̃ na wò o. Mègana ɣe naɖo to ɖe wo dɔmedzoe o. Ɖu wò dziku la dzi kaba 27elabena zi ale si nèdo dziku ko la, ena mɔnukpɔkpɔ Abosam be wòaɖu dziwò.

28Ne ame aɖe nye fiafitɔ le mia dome la, nedzudzɔ kaba eye wòatsɔ eya ŋutɔ ƒe asiwo awɔ dɔ ɖɔʋu aɖee be wòakpɔ emetsonu eye wòana ɖe hiãtɔwo hã. 29Nya vlo aɖeke megado go le mia nu o. Ke boŋ migblɔ nya siwo nyo eye woate ŋu ado ame siwo le esem la ɖe ŋgɔ, eye migblɔ nu siwo ko ahe yayra vɛ na wo. 30Migana Gbɔgbɔ Kɔkɔe la naxa nu le miaƒe agbenɔnɔ ta o. Miɖo ŋku edzi be eyae nye ame si dea dzesi mi be miate ŋu ado gbe ma gbe esi woawu ɖeɖe tso nu vɔ̃ me ƒe dɔ la nu.

31Midzudzɔ fuléle mia nɔewo kple dɔmedzoedodo. Migana nɔƒe aɖeke dzrewɔwɔ, nya vlo gbɔgblɔ kple fuléle amewo le miaƒe agbenɔnɔ me o. 32Ke boŋ la, minyo dome na mia nɔewo, eye mikɔ dome ɖe amewo ŋuti, mitsɔ nu vɔ̃ ke mia nɔewo, abe ale si Mawu hã tsɔa nu vɔ̃ kea mi ene elabena kristotɔwoe mienye.

Copyright information for EweBEE